Audio stringlengths 109 111 | Transcript stringlengths 166 12k |
|---|---|
Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo.
Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la, nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, “Aleke nuwo le na Yu... | |
Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, “Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”
Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?”
Medo gbe ɖa na dziƒ... | |
Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ. Yerikotɔwo kple Zakur, Imri ƒe vi la, ƒe dɔwɔlawo kpe ɖe ameawo ŋu le dɔ la wɔwɔ me.
Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔ... | |
Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli... | |
Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu. Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.” Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.” Ame bubuwo hã... | |
Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la, Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim, eya ta megbl... | |
Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la, metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo. Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyu... | |
wo katã wova ƒo ƒu ɖe ablɔ si dze ŋgɔ Tsigbo la me. Wogblɔ na agbalẽfiala Ezra be wòatsɔ Mose ƒe Segbalẽ, si Yehowa tsɔ na Israelviwo la vɛ.
Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu. Exlẽe na wo k... | |
Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me. Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ... | |
Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye:
Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia,
Seraya, Azaria, Yeremia,
Pasur, Amaria, Malkiya,
Hatus, Sebania, Maluk,
Harim, Meremot, Obadia,
Daniel, Gineton, Baruk,
Mesulam, Abiya, Miyamin,
Maazia, Bilgai kple Semaya.
Ame siawo katã nye nunɔlawo.
Levitɔ siwo de asi nubabla... | |
Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem. Ame aɖewo ʋu va Yerusalem le wo ɖokui si, eye wode bubu gã aɖe wo ŋu.
Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelv... | |
Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye:
Seraya, Yeremia, Ezra,
Amaria, Maluk, Hatus,
Sekania, Rehum, Meremot,
Ido, Gineton, Abiya,
Miyamin, Madia, Bilga,
Semaya, Yoyarib, Yedaia,
Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia.
Ame siawoe nye nunɔlawo ƒe kplɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo le ... | |
Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o, elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra. Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome.
Hafi nya sia nad... | |
Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be, “Ƒo nu na
Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la,
netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene. “ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso
lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le
agbadɔ la ƒe... | |
“ ‘Ame si di be yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la atsɔ wɔ memee, akɔ ami kple
dzudzɔdotike ɖe edzi, eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe
wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye
wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ
si dzea Yehowa... | |
“ ‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae,
gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa. Ame si tsɔ lã la vɛ la ada
asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo
nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu. Tso akpedavɔsa la me
la, ... | |
Yehowa gade se siawo na Mose: “Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe
ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu. “ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu
vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ
nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Ele be wòakplɔ
nyits... | |
“ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la
ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃.
“ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu,
alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne
eya ŋ... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa
o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo
wòbae alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo
wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ, eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ
la,... | |
“Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye. “Woawu
fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe
vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo. Nunɔla la atsɔ lã la ƒe amiwo katã, eƒe asike,
ami si le dɔmenuwo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe
ɖe vɔsamlekpu... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami
sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã
le, eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.” Mose wɔ abe
ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale
Mose g... | |
Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe
ametsitsiwo, eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃
ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume. Mose yi
edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa
kp... | |
Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo
me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se
si Yehowa de na wo la dzi o, eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku
le Yehowa ŋkume. Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be,... | |
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã
nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu. Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli
me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna. “ ‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli
me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe
afɔk... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi
la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto
la dzi. Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe. Ekema le ŋkeke
blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu
kɔkɔe aɖeke... | |
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe
si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi
nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ. Nunɔla la alé
ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye
ɖe em... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Esiawoe nye ɖoɖowo na ame si dze dɔ le ameŋukɔɣi ne
wokplɔe va nunɔla gbɔe. Nunɔla la atso asaɖa la me ayi aɖadoe kpɔ. Ne nunɔla la
kpɔ be kpodɔléla la ƒe lãme sẽ la, ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be
woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si
h... | |
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu
ɖɔm la, eŋuti mekɔ o. Ne afua le dodom alo ne enu tso hã la, ŋutsu la ŋu mekɔ o.
“ ‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o, eya ta ame si ka asi
ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo,
eye... | |
Yehowa ƒo nu na Mose le Aron ƒe viŋutsu eveawo ƒe ku megbe esime wote ɖe Yehowa
ŋu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le
xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o,
ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame.
“Aron ag... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã,
eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye se si Yehowa de: Israelvi ɖe sia ɖe si asa vɔ
kple nyitsu, alẽvi alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo egodo le esime wòatsɔe ava Mawu
ƒe Agbadɔ la nu bena woasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe ŋkume teƒe la,
woab... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye
Yehowa, miaƒe Mawu. Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ
la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele
mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o. Ele be miawɔ nye sewo dzi,
eye miak... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo
be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe. “ ‘Ele be mia
dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee
nye Yehowa miaƒe Mawu. “ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia
ɖokuiw... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo
amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo
naƒu kpee. Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome,
elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze
be magan... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron ƒe vi nunɔlawo be, ‘Mele be nunɔla naƒo ɖi
eɖokui to asikaka ame kukuwo ŋu me o, negbe eƒe ƒometɔ kekeake ko, abe dadaa alo
fofoa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔvia ŋutsu, alo nɔvia nyɔnu si meɖe srɔ̃ haɖe
o, eye wòle eƒe dzikpɔkpɔ te, esi srɔ̃ mele esi o ta ene. Ate ŋu agblẽ kɔ na
eɖ... | |
Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa
kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee
nye Yehowa. “Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã
siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la,
woaɖe n... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye
nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe
kɔkɔewo ene. “ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye
kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le
miaƒ... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde
akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Le Mawu ƒe
Agbadɔ la ƒe xɔmetsovɔ megbe la, Aron akpɔ akaɖiawo dzi woanɔ bibim zã kple keli
le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime. Woakpɔ... | |
Yehowa gblɔ na Mose le Sinai to la dzi bena, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na
wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia na ge dzi la, ele be anyigba la naɖu
dzudzɔgbe na Yehowa. Miaƒã miaƒe nukuwo, aɖe miaƒe waintiwo ŋu, eye miaxa miaƒe
agblemenukuwo, ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume;
miag... | |
“ ‘Legba aɖeke meganɔ mia si o. Migasubɔ aklamakpakpɛwo, aƒeliwo alo kpe
kpakpɛwo gbeɖegbeɖe o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Miwɔ nye
Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa.
“ ‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la, mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana
eƒe nuɖuɖu, eye ... | |
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe
ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe
wo ta me la, ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo
kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Nenye be nyɔnue la, ana
klosalo kp... | |
“Aleke du si yɔ fũu
kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale!
Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ
abe ahosi ene!
Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.
“Ele avi fam hehehe le zã me
eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ.
Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o.
Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.
“Le teteɖeanyi kple ... | |
Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo
tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi!
Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi
eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le
eƒe dzikudogbe o.
Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe
nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
Eye le eƒe dziku me
wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi.
Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dume... | |
Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te.
Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me,
menye kekeli me o;
Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii
le ŋkeke blibo la me.
Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo
eye wògbã ƒu ɖe lãme nam.
Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ
kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye.
Ena menɔ ... | |
Aleke sika bu eƒe keklẽ
eye sika nyui nyɔ vĩ ale!
Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome
ƒe dzogoewo katã dzi.
Aleke Zion viŋutsu vevi
siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la,
le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!
Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona
gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo
abe tsatsaboli le dzog... | |
O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi,
ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.
Wotsɔ míaƒe domenyinu,
na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo
na du bubu me tɔwo.
Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo
eye mía nɔwo zu ahosiwo.
Ɖe míedzea tsi hafi nona
eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake.
Ame siwo ti mía yome la gogo,
ɖeɖi te... | |
Yehowa ƒe nya va na Yona, Amitai ƒe vi la be,
“Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.”
Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe... | |
Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be,
“Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa,
eye wòɖo tom.
Meyɔe le aʋlime ke,
eye Yehowa se nye kokoƒoƒo!
Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke;
meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye,
eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye.
Ale megblɔ be, ‘O Yehowa,
ènyam ɖa le w... | |
Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be, “Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.”
Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du gã aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme. Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du l... | |
Ke esi Mawu tsɔ Ninivetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, Yona do dɔmedzoe vevie. Edo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, ɖe menye esiae megblɔ esi mele mía dedu me oa? Esia ta le gɔmedzedzea me la, mesi ɖo ta Tarsis, elabena menya be Mawu, amenuvela kple nublanuikpɔlae nènye. Ègbɔa dzi blewu; lɔlɔ̃ matrɔ bɔ ɖe asiwò, eye nètsɔa nu... | |
Nye, Paulo, kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔe agbalẽ sia tso, Na
dzikpɔlawo kple kpeɖeŋutɔwo kpakple Mawu ƒe ame kɔkɔe siwo katã le Filipi.
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ
anyi kpli mi. Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu. Eye
ne mele gbe... | |
Azɔ ne nuxɔxlɔ̃ aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe dzideƒonya aɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe
hadede aɖe li, ne dɔmetɔtrɔ aɖe kple nublanuikpɔkpɔ aɖe li la, ekema mina makpɔ
dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ
ɖeka kple susu ɖeka wɔ dɔe aduadu. Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze... | |
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu
mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedinɔnɔ. Minɔ ŋudzɔ na avu mawo,
ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã, elabena mí ame siwo subɔna le Mawu
ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me,
eye w... | |
Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena
miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta
xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me. Meɖe kuku na Ewodia, eye mele
kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. Megale biabiam
tso m... | |
Le ƒe blaetɔ̃lia ƒe ɣleti enelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi menɔ aboyomenɔlawo dome le Kebar Tɔsisi la to la, dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutega tso Mawu ŋu.
Le ɣleti la ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi woɖe aboyo Fia Yehoyatsin la, Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi... | |
Egblɔ nam be, “Ame vi, tso, nànɔ tsitre, eye maƒo nu na wò.” Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam.
Egblɔ be, “Ame vi, mele ɖowòm ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe dukɔ dzeaglã aɖe si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Woawo kple wo fofowo dze aglã ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi. Ame siwo gbɔ ... | |
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.” Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu.
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene.
Emegbe la, egblɔ nam be, “A... | |
“Azɔ la, ame vi, tsɔ anyikpe aɖe, dae ɖe wò ŋkume, eye nàta Yerusalem du la ɖe edzi. Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe. Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye ... | |
“Azɔ, ame vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, wɔ eŋu dɔ abe takola aɖe ƒe hɛ ene, eye nàlũ wò taɖa kple ge. Le esia megbe la, ma ɖa la le nudanu dzi. Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku ... | |
Yehowa ƒe nya va gbɔnye be, “Ame vi, trɔ mo de Israel ƒe towo; gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo. Woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, woakaka v... | |
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel ƒe anyigba:
“ ‘Nuwuwu la! Nuwuwu la ɖo
eɖo xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi!
Nuwuwu la va mia dzi azɔ,
eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu.
Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu,
eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta.
Nyemakpɔ nublanui na mi loo
a... | |
Le ƒe adelia ƒe ɣleti adelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, esi menɔ nye aƒe me, esime Yuda ƒe ametsitsiwo nɔ anyi ɖe nye ŋkume la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afi ma. Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒ... | |
Tete mesee wòdo ɣli sesĩe gblɔ be, “Mikplɔ dua ŋu dzɔlawo va afii, ɖe sia ɖe natsɔ aʋawɔnu ɖe asi” Mekpɔ ame ade wotso dzigbegbo si dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ gbɔna; ɖe sia ɖe lé aʋawɔnu dziŋɔ aɖe ɖe asi. Ame aɖe nɔ wo dome, edo aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye wòkpla agbalẽŋlɔnuwo ɖe eƒe axame. Woge ɖe eme, eye wotsi tsitre ɖe... | |
Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ nu si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi la wònɔ teƒe keke si nɔ kerubiawo tame. Yehowa gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Yi tasiaɖamfɔti siwo dzi kerubiawo le la dome. Lɔ dzoka xɔxɔ si le kerubiawo dome la ɖe wò asi me, eye nàwui ɖe du la dzi.” Menɔ ekpɔm wòge ɖe eme.
Azɔ la, ker... | |
Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome. Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ame siawoe le nugbe ɖom ɖe dua ŋu, eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo le dua m... | |
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo.
“Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase ... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa... | |
Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbɔnye, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã? Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, aleke wainka nyo wu avemeti ƒe alɔe? Ɖe wokpɔa ati si woatsɔ awɔ nu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖe le la le emea? Ɖe wowɔa tsyoti tso eme ne woate ŋu atsɔ nane aku ɖe eŋua? Eye ne wotsɔe de dzo me abe nake ene la, dzo la bina tso eƒe nugbɔ eve, eye wofiaa eƒe domedome, ekema ɖe ŋudɔwɔnu aɖe gale e... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo fiae. Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ. Gbe si gbe wodzi wò la, wometso wò ƒoƒonika, alo le tsi na wò be wò ŋuti naɖi, alo s... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, to adzo, eye nàgblɔ lododo aɖe na Israel ƒe aƒe la. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la, eŋe eƒe ɖɔme hetsɔ yi asitsalawo ƒe anyigba dzi, eye ... | |
Yehowa ƒe nya va nam. “Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be,
“ ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo,
eye aɖu nyɔ wo viwo?’ ”
“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o. Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’
“L... | |
“Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be,
“ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome?
Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo.
Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe.
Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme,
wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi.
“ ‘Esi dzatanɔ la ... | |
Le ƒe adrelia ƒe ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbe bia ge Yehowa, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume.
Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa. Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa... | |
Yehowa ƒe nya va nam be:
“Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me. Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye n... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nyɔnu eve aɖewo, dada ɖeka ƒe vinyɔnuviwo nɔ anyi. Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye nɔvia tɔe nye Oholiba. Wonye tɔnyewo, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam.... | |
Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi. Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’
“Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi,
tsɔe ɖ... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu. Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la, matsɔ mi ade... | |
Le ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuw... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu. Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Ègblɔ be, ‘Tiro,
mede blibo le nyonyo me.’
Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi,
ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo.
Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔt... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be,
“ ‘Mawu aɖe menye,
menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’
Ke amegbetɔ ko nènye,
menye mawu aɖekee nènye o,
togbɔ be èbuna be yenya nu
abe mawu aɖe ene hã.
Ɖe nènya nu wu Daniel ma... | |
Le ƒe ewolia ƒe ɣleti ewolia me, le ŋkeke wuievelia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu. Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia,
wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me.
Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye ... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Mifa avi, miagblɔ be,
Baba na ŋkeke ma,
elabena ŋkeke ma gogo,
Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe,
ŋkeke si dzi blukɔ ado,
ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi.
Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu,
eye ŋɔdzi aɖo Kus.
Ne ame ku le Egipte la,
woalɔ Egipte... | |
Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be,
“Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me?
Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon.
Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi.
Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo
Tsiwo na... | |
Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me,
“ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo,
Eye nèna ba ge ɖe tsiawo... | |
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, ƒo nu na wò dukɔmetɔwo, eye nàgblɔ na wo be ne metsɔ yi ɖe dukɔ aɖe ŋu, eye dukɔa me tɔwo tia wo dometɔ ɖeka wòzu gbetakplɔla, eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la, ekema ne ame aɖe se kpẽ la, gake melé fɔ ɖe nuxlɔ̃ame la ŋu o, eye yi la va wui l... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Gblɔ nya ɖi be nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Babaa na Israel ƒe alẽkplɔlawo, ame siwo léa be na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko! Ɖe alẽkplɔlawo makpɔ alẽhawo dzi oa? Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke miel... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ wò awɔ aƒedo kple gbegbee. Matrɔ wò duwo woazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’
“ ‘Esi nèlé fu nye du... | |
“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O! Israel towo, mise Yehowa ƒe nya. Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’ Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kp... | |
Yehowa ƒe asi va dzinye, eye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kplɔm do goe, eye wòdam ɖe balime aɖe ƒe titina; balime la yɔ fũu kple ƒuwo. Ekplɔm tso afii yi afi mɛ le wo dome, eye mekpɔ ƒu geɖewo le balime la ƒe anyigba. Ƒuawo ƒu kplakplakpla. Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?”
Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya... | |
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal. Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ bl... | |
“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog ŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò ame si nye Mesek kple Tubal ƒe amegã. Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu. Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime. Àdze anyi ... | |
Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaeve-vɔ-atɔ̃lia me, le ƒea ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia gbe, le du la ƒe gbagbã ƒe ƒe wuienelia megbe, le ŋkeke ma tututu dzi la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm yi afi mae. Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo l... | |
Tete ŋutsu la kplɔm yi gbedoxɔ la godo, eye wòdzidze domegliawo; woƒe kekeme nye mita etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe. Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo.
Azɔ la, eyi gbedoxɔ emetɔ me, eye wòdzidze ʋɔtru la ƒe do... | |
Tete ŋutsu la kplɔm ɖo ta anyiehe gome yi xɔxɔnu egodotɔ me, eye míeyi xɔ siwo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ƒe axadzi kple egodogli si le anyiehe gome la me. Xɔ si ƒe ʋɔtru dze ŋgɔ anyiehe la didi mita blaatɔ̃, eye wòkeke mita blaeve vɔ atɔ̃. Le teƒe eve siwo didi mita ewo tso xɔxɔnu emetɔ gbɔ, eye le teƒe si le xɔxɔnu egod... | |
Tete ame la kplɔm va agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ, eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm. Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi. Ye... | |
Azɔ la, ŋutsu la gbugbɔm va kɔkɔeƒe la ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Wotui. Yehowa gblɔ nam be, “Ele be agbo sia nanɔ tutu ɣe sia ɣi. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Ele be wòanɔ tutu, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eme ge ɖe eme. Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòa... | |
“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe. Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la... | |
“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi. Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kpl... | |
Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe. Tete wòkplɔm do goe to anyiehegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me, eye tsi la nɔ tsatsam tso dziehe lɔƒo... |
Subsets and Splits
No community queries yet
The top public SQL queries from the community will appear here once available.